Mark 3:20-30

Yesu kple Belzebul

(Mateo 12:22-32; Luka 11:14-23; 12:10)

20Esi Yesu trɔ yi aƒe si me wòdze la amehawo gade asi ƒuƒoƒo me ake, eye eteƒe medidi o, aƒea me yɔ kple amewo. Ameawo sɔ gbɔ ale gbegbe be mekpɔ ɣeyiɣi ne wòaɖu nu gɔ̃ hã o. 21Esi eƒe ƒometɔwo se nya sia la, wova be yewoakplɔe ayi yewo gbɔe elabena wobu be eƒe tagbɔe da.

22Gake Yudatɔwo ƒe agbelẽfiala siwo tso Yerusalem va afi ma la gblɔ be, “Belzebul, gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia si le eme lae le fu ɖem nɛ. Esia hã tae gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖoa toe ɖo.”

23Yesu yɔ ɖeklemiɖela siawo eye wòdo lo nyanyɛ sia na wo be, “Ale ke Satana agate ŋu atsi tre ɖe Satan ŋui? 24Fiaɖuƒe si ma ɖe eve la, mate ŋu anɔ te o, agbã godoo. 25Aƒe si me mama kple dzrewɔwɔ le la hã mate ŋu anɔ te o. 26Ne Satana tsi tre ɖe eya ŋutɔ ɖokui ŋu la, ekema mate ŋu anɔ te o ke boŋ awu nu. 27Le nyateƒe me la, ame aɖeke mate ŋu age ɖe ŋusẽtɔ ƒe aƒeme o eye wòalɔ eƒe nunɔamesiwo adzoe negbe ɖe ko wòabla ŋusẽtɔ ma gbã, ekema ate ŋu aha eƒe aƒemenuwo. 28Mele nyateƒe la gblɔm na mi bena woatsɔ amewo ƒe nu vɔ̃wo kple woƒe busunyawo katã ake wo. 29Ke ame sia ame si agblɔ busunya ɖe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋu la, womatsɔe akee gbeɖe o. Ame sia wɔ nu vɔ̃ mavɔ.”

30Yesu gblɔ nya sia elebena ameawo nɔ gbɔgblɔm be gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ eya amea me.

Copyright information for EweBEE